Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:6 - Agbenya La

6 “Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Emegbe Aron natsɔ eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃vɔsanyitsu la alé avu na eya ŋutɔ kple eƒe aƒe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:6
12 Mawu Ofanana  

Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.


Ele na wò be nàtsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene na nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo tso Zadok ƒe ƒome me, ame siwo va subɔna le nye ŋkume.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Le ŋkeke siawo ƒe nuwuwu, tso ŋkeke enyilia gbe yina la, nunɔlaawo awɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo le vɔsamlekpui la dzi. Ekema maxɔ mi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


“Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa.


Emegbe la, akplɔ gbɔ̃tsu eveawo ava Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu,


Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene.


Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.


Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí.


Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa