Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:12 - Agbenya La

12 atsɔ dzoɖesonu, aɖe aka xɔxɔwo tso Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi ade eme, eye wòalɔ dzudzɔdonu si wotu memie la ƒe asiʋlo eve ayi xɔmetsovɔ la godo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye wòatsɔ sonu aɖe dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi le Yehowa ŋku me, eye woaku dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔe, eye wotoe memee la, asiʋlo eve ava xɔmetsovɔ la godo.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:12
13 Mawu Ofanana  

Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo. “Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.”


Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.


Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi o,


Ale wotsɔ woƒe dzudzɔdosonuwo vɛ, ɖe dzo ɖe wo me, kɔ dzudzɔdonuwo ɖe wo me, eye wova tsi tsitre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu kple Mose kple Aron.


Mose gblɔ na Aron be, “Netsɔ! Tsɔ dzudzɔdosonu ɖeka, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la me de eme, da dzudzɔdonu ɖe edzi, ɖe abla kplii yi ameawo dome, eye nàlé avu ɖe wo nu, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe ge ɖe wo dome, eye dɔvɔ̃ to gɔ̃ hã xoxo.”


Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.


ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.


Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.


Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.


Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa