Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 16:10 - Agbenya La

10 Woatsɔ gbɔ̃tsu evelia si nye Azazel tɔ la agbagbe ava Yehowa ŋkume. Woaɖe dukɔwo ƒe nu vɔ̃wo ada ɖe edzi, eye woanyae ɖo ɖe Azazel gbɔ le gbedzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke wòatsɔ gbɔ̃tsu, si dzi Asasel ƒe dzidze dze la, ado Yehowa ŋku me agbagbe, eye wòaɖe nuvɔ̃ atrɔ ɖe edzi anyae aɖo ɖe Asasel gbɔ le gbedzi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 16:10
12 Mawu Ofanana  

Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta.


Ale si Yesu Kristo va ku ɖe mía ta la ɖe nu si lɔlɔ̃ nye la fia mí. Eya ta ele be míawo hã míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi na mía nɔviwo.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


Eku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wofɔe ɖe tsitre ɖe afiatsotso na mí ta.


Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o.


Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo.


eye wòadzidze nu, anya gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ kple esi nye Azazel tɔ, si ŋu wòaɖe asi le.


Aron asa nu vɔ̃ vɔsa kple gbɔ̃tsu si nye Yehowa tɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa