Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 14:41 - Agbenya La

41 Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Emegbe woadza xɔ la ƒe gli ŋu afisiafi le eme, eye wòalɔ anyi, si wòdza la, akɔ ɖe du la godo le teƒe makɔmakɔa ɖe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 14:41
10 Mawu Ofanana  

ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã, woƒe detsizewo yɔna fũu kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo.


Woagbã Tiro ƒe gliwo, eye woamu eƒe xɔ tsralawo. Makplɔ eƒe gli gbagbã kakɛawo ɖa, eye mana wòazu agakpe ƒuƒlu


ekema nunɔla la ana woadza teƒe mawo ɖa le gliawo ŋu, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.


Woatsɔ kpe yeyewo aɖɔli kpe xoxo siwo woho le gliawo me, eye woagbugbɔ gliawo ŋu azrɔ̃.


Ana woagbã xɔ la, eye woalɔ kpeawo, atiawo kple anyi la aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.


eye wòaƒo mi vevie. Emegbe la, ana woadrɔ̃ ʋunu mi kple alakpanuwɔlawo, eye afi ma miafa avi, aɖu aɖukli hã le.”


Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la, ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Adã nɔa mo na wo, ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o.


Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.


Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa