Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 14:4 - Agbenya La

4 ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ekema nunɔla nade se bena, woana xevi gbagbe eve, siwo dza kple sederti, ka dze kpakple isop ɖe amesi ŋu kɔm wole la ta.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 14:4
11 Mawu Ofanana  

Klɔ ŋutinye kple kakle, eye ŋunye aɖi; le tsi nam, eye mafu tititi wu aklala.


Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o.


“ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi.


Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”


Nunɔla la ana woawu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me.


Woanyrɔ xevi evelia si le agbe la kple sedati, ka dzẽ kpakple kakle la ɖe xeviʋu la me le zea me.


“ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa.


Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu.


Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me.


Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa