Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 13:3 - Agbenya La

3 Nunɔla la alé ŋku ɖe abi si le eƒe ŋutigbalẽ ŋu la ŋu. Ne ŋutifu si le teƒea fu, eye teƒea nye ɖe eme vie la, ekema anyie. Nunɔla la atso nya me be anyidzela la ŋu mekɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne nunɔla kpo nusi le eƒe ŋutigbalẽ ŋu, eye fu, siwo le eteƒe, fu ɣie, eye nu la teƒe nye ɖe me wu ŋutigbalẽ bubuawo la, ekema anyie; eye ne nunɔla la kpɔe la, woabui ame makɔmakɔe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 13:3
29 Mawu Ofanana  

Tso Negeb gbegbe la, etso teƒe yi teƒe va se ɖe esime wòva ɖo Betel, teƒe si le Betel kple Ai dome, afi si wòtu agbadɔ ɖo kpɔ


Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene!


Ele na wo be woafia nye amewo vovototo si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, eye woafia ameawo be woanya vovototo si le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.


Du bubu me tɔwo xɔ ŋusẽ le esi, gake menya o. Efraim ƒe ɖa le wɔ ƒom, gake menya gɔ̃ hã be yele tsitsim le gbɔdzɔgbɔdzɔm o.


Wò dɔdeasiwo anye be mialé avu ɖe amewo nu, miafia vovototo siwo le nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome,


Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la,


“Ne ame aɖe kpɔ nutete alo dzi alo teƒe aɖe si fu le eƒe ŋutilã ŋu si ate ŋu azu ŋutilã ƒe dɔxɔleameŋu la, woakplɔe ayi nunɔla Aron alo Via ŋutsu siwo nye nunɔlawo la dometɔ ɖeka gbɔ.


Ne nunɔla la doe kpɔ, eye wòkpɔ be dɔléle la tso keke eƒe lãme, ke eye fu si le teƒea fu kpii la, ekema nunɔla la atso nya me be, eŋuti mekɔ o, elabena edze kpodɔ to ƒoƒoe la teƒe.


Ke ne teƒe si fu kpii la menye ɖe eme vie o, eye fu si le teƒea mefu o la, ekema nunɔla la aɖee ɖe aga ŋkeke adre.


Eye nunɔla la agadoe kpɔ. Ne teƒea keke ɖe edzi la, ekema nunɔla la atso nya me be eŋuti mekɔ o, kpodɔe wòdze.


Ne ekpɔ aŋgbamu ƒe teƒe kple teƒe dzĩ aɖewo le aƒea me ƒe gliwo ŋu, eye teƒe mawo dze abe ɖe wonye ɖe eme vie ene la,


Esiawoe nye se siwo ku ɖe teƒe vovovo siwo kpodɔ ado ɖo la ŋu,


le nutete teƒe, dzobi teƒe loo alo teƒe dzĩ aɖe le ame ƒe ŋutilã ŋu.


Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mibia nu si se la gblɔ la nunɔlawo,


“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.


Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”


Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.”


Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo.


Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nu vɔ̃ mahã? Gbeɖe! Ne se la meli o la, nyemate ŋu anya nu si nu vɔ̃ nye la o. Elabena nyemanya nu si nye ŋubiabiã ne womegblɔe le se la me o be, “Mègabiã ŋu o.”


Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.


Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple aʋatsonufialawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi anɔ sesẽm ɖe edzi wu, eye woanɔ ame geɖewo blem abe ale si Satana ble woawo ŋutɔ hã ene.


Miɖo ŋku miaƒe kplɔlawo dzi, ame siwo gblɔa Mawu ƒe nya na mi. Mibu nu siwo do go tso woƒe agbenɔnɔ me la ŋuti ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


Maƒu nu viawo woaku ekema hameawo katã anyae be nyee nye dziwo kple susuwo me dzrola, eye maxe fe na ame sia ame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa