“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”
eye nunɔla la agadoe akpɔ. Nenye be teƒe ƒɔƒlɔ la ɖɔ ɖo abe ŋutilãa ƒe akpa bubuwo ene la, ekema eŋuti kɔ le se la nu, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti kɔ.
ele be nunɔla la nalé ŋku ɖe teƒea ŋu. Ne fu si le teƒea fu, eye wòdze abe dɔléle la tso amea ƒe lãme ke ene la, ekema woanya be amea dze kpodɔ to dzobi la teƒe, eye nunɔla la aɖe gbeƒã be eŋuti mekɔ o, edze anyi.