Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 12:2 - Agbenya La

2 “De se siawo na Israelviwo be, ‘Ne nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o, ŋkeke adre, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Gblɔ na Israel-viwo be: Ne nyɔnua ɖe fo fu, eye wòdzi ŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adre, abe ŋkeke alesi wokpɔa dzinui ene.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 12:2
14 Mawu Ofanana  

Mawu yra wo gblɔ na wo be, “Midzi miayɔ anyigba blibo la dzi, eye miaɖu edzi; miawoe nye tɔmelãwo, dziƒoxewo kple lã siwo katã tana le anyigba dzi la dzi ɖulawo.”


Mawu gblɔ na nyɔnu la be, “Àdzi vi le fukpekpe kple vevesese geɖe me, gake srɔ̃wò ƒe nu aganyo ŋuwò kokoko, eye srɔ̃wò anye aƒetɔ na wò.”


Enumake David na woyɔe nɛ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Batseba wu ɖokuiŋukɔkɔ le gbɔtotsitsi megbe ƒe wɔnawo nu teti ko. Esi wòva la, David dɔ egbɔ eye wòtrɔ yi aƒe me.


Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o!


“Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?


Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?


Vavã, wodzim ɖe nu vɔ̃ me, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.


Yehowa gblɔ na Mose be,


Ne nyɔnu aɖe dzi nyɔnuvi la, nyɔnu la ŋu mekɔ o kɔsiɖa eve, eye wòawɔ se siwo dzi wòwɔna ne etsi gbɔto la dzi. Ekema le ŋkeke blaade-vɔ-ade siwo akplɔe ɖo me la, ʋu si anɔ dodom le eŋuti la ana be eƒe ŋuti nanɔ kɔkɔm.


“ ‘Ne nyɔnu aɖe kpɔ dzinu la, eŋu mekɔ o va se ɖe esime ŋkeke adre nava yi. Le ɣeyiɣi sia me la, ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.


“ ‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o,


Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ.


Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa