Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 10:11 - Agbenya La

11 eye miafia Israelviwo se siwo katã Yehowa de na mi to Mose dzi la ameawo.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye miafia ɖoɖo, siwo katã Yehowa ɖo to Mose dzi la, Israel-viwo.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 10:11
16 Mawu Ofanana  

Hena ɣeyiɣi didi aɖe le Israel la, nyateƒe Mawu la subɔsubɔ meganɔ anyi o eye nunɔla aɖeke hã meganɔ anyi afia nu ameawo o. Nenema ke se la hã meganɔ anyi o


Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo.


Fia Hezekia kafu Levitɔwo le woƒe ha viviwo dzidzi ta. Ale ŋkekenyui la ɖuɖu yi edzi ŋkeke adre. Wosa akpedavɔwo eye amewo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Ale le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, nunɔla Ezra tsɔ Segbalẽ la do goe ɖe ameha la ŋkume, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ame siwo katã ate ŋu ase nu gɔme la woe ƒo ƒu.


Woxlẽ Mawu ƒe Segbalẽ la na wo, eye woɖe eme wòkɔ ale gbegbe be, ameawo te ŋu se nu si xlẽm wole la gɔme.


Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”


Nunɔlawo gɔ̃ hã mebia be, ‘Afi ka Yehowa le?’ o. Ame siwo wɔa sea ŋuti dɔ la menyam o. Kplɔlawo dze aglã ɖe ŋutinye. Nyagblɔɖilawo gblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ legba maɖinuwo ɖo.”


“Ele be Mawu ƒe nya kple nunya nado go tso nunɔla nu ɣe sia ɣi ale be amewo nasrɔ̃ Yehowa ƒe sewo tso egbɔ, elabena nunɔlae nye Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dɔla, eye wòle be amewo nava egbɔ hena nuxɔxlɔ̃ kple afɔɖoƒefiafia wo.


Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”


elabena nyemeɣla mawunya la ƒe akpa aɖeke ɖe mi o.


Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui.


Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ.


“Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo.


Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.


Mienya nu siwo míeɖo na mi be miawɔ la to Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa