Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 1:11 - Agbenya La

11 Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye woawui ɖe vɔsamlekpui la ƒe anyiehekpa dzi le Yehowa ŋku me. Eye Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo, natsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 1:11
12 Mawu Ofanana  

Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo,


Tete wògblɔ nam be, “Ame vi, nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esiawoe anye ɖoɖowo na numevɔsawo kple ʋuhehlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne wotui.


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, kpɔ anyiehe lɔƒo.” Mekpɔ afi ma, eye mekpɔ legba si he ŋuʋaʋã vɛ le mɔnu si le vɔsamlekpui la ƒe agbo ƒe anyiehe.


Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu.


Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe.


Atsɔe va afi si wowua numevɔsalãwo le, ada asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui.


“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo. “Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le.


“Woawu fɔɖivɔsalã la le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye woatsɔ eƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo akpe ɖo.


Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa