Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 1:10 - Agbenya La

10 “ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòbe, yeatsɔ amè numevɔsae la, ekema woatso atsu, si so blibo, asa vɔ lae.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 1:10
22 Mawu Ofanana  

eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa,


Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo.


Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o.


“Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene.


“Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia.


“Aron age ɖe Kɔkɔeƒe la me ale: atsɔ nyitsuvi ɖe asi hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo hena numevɔsa.


Israelviwo ana gbɔ̃tsu eve hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena woƒe numevɔsa.


Yehowa axɔe, ne enye lãtsu si de blibo, eye wònye nyitsuvi fɛ̃ alo alẽ alo gbɔ̃.


Gbe ma gbe ke miatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, eye wòle blibo la asa numevɔe na Yehowa.


“ ‘Ne ame aɖe di be yeasa akpedavɔ la, ate ŋu atsɔ nyitsu alo nyinɔ asa vɔ lae, gake lã la nade blibo ne woatsɔe asa vɔe na Yehowa.


ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene.


“ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa.


“Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa.


eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume.


Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.


eye nunovɔsa si nye wain lita ɖeka la akpe ɖe eŋu. Wain hin ɖeka ƒe akpa enelia akpe ɖe alẽvi ɖeka ŋu.


“Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi.


eye wòasa numevɔ na Yehowa kple alẽ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo. Ele be wòagana alẽnɔ si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka si de blibo la na ŋutifafavɔsa.


Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa