Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 9:7 - Agbenya La

7 David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 9:7
32 Mawu Ofanana  

Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.”


Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ.


metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o.


Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”


David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.”


Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.”


Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta.


David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?”


Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.


Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene.


Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu.


Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?” Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.”


“Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu.


Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.


Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


Ale Yehoyatsin ɖe eƒe gaxɔmewu da ɖi, heɖu nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.


Na nuɖuɖu si míaɖu egbe la mi.


Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”


Kpɔ ɖa! Metsi tsitre ɖe ʋɔtru la nu, eye mele eƒom. Ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme, eye mi kplii míade asi agba me aɖu nu ɖekae.


Mixɔ Yehowa dzi se eye miasubɔe le nyateƒe me. Mibu nu gã siwo katã wòwɔ na mi kpɔ la ŋu.


ke boŋ na vinyewo hã ne Yehowa tsrɔ̃ wò futɔwo katã.”


Nɔ gbɔnye le afi sia. Mègavɔ̃ o elabena ame si le nye ku dim lae le wò hã tɔ di ge; ànɔ dedie le gbɔnye.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa