Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 9:11 - Agbenya La

11 Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete Ziba gblɔ na fia la bena: Alesi nye aƒetɔ fia de se na eƒe dɔla la, nenema pɛpɛpɛ wò dɔla awɔ! Eye Mefiboset ɖu nu le Dawid ƒe agba nu abe fiaviwo dometɔ ɖeka ene.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 9:11
8 Mawu Ofanana  

Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.”


Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la.


Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o.


Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye.


Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.


Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo.


Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa