Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 8:12 - Agbenya La

12 tso Edom kple Moab, Amonitɔwo kple Filistitɔwo kple Amalekitɔwo gbɔ ene. Ekɔ nu siwo wòha tso Hadadezer, Rehob ƒe vi, Zoba fia hã gbɔ la ŋu na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Exɔ wo le Aramtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si hekpe ɖe nusiwo woha le Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi si la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 8:12
10 Mawu Ofanana  

Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.


Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.


Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.


Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa.


Elé Agag, Amalekitɔwo ƒe fia eye wòwu ame mamlɛawo katã.


Wonɔa Gesuritɔwo, Girzitɔwo kple Amalekitɔwo, ame siwo nɔ Sur gbɔ le Egipte mɔ dzi tso gbe aɖe gbe ke la ham.


David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si.


David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa