Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:21 - Agbenya La

21 Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Le wò nya kple wò tamesusu ta nèwɔ nu gã siawo katã, bena nana wò dɔla nanyae.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:21
16 Mawu Ofanana  

Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã.


Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o, ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta.


Made ta agu do ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la gbɔ, eye makafu wò ŋkɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta, elabena èkɔ, wò ŋkɔ kple wò nya gbɔ nu sia nu ta sãsãsã.


Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?


Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ!”


“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.


ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe,


Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzi me fũu kple dzidzɔ blibo, eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyala gãwo gbɔ, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ.


Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Nye, Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo, si woyɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me la kple nɔvi, xɔsetɔ Sostene gbɔe agbalẽ sia tso,


Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta.


le eƒe ɖoɖo mavɔ si ŋu dɔ wòwɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la nu.


Miwɔ dɔmenyo, eye miakpɔ nublanui na mia nɔewo. Mitsɔ mia nɔewo ƒe nu vɔ̃wo ke abe ale si Mawu hã tsɔ nu vɔ̃ ke mí le Kristo me ene.


Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa