Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:19 - Agbenya La

19 Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Aƒetɔ Yehowa, ɖe esia nye nu tse le ŋkuwò me, hafi nègado nusi ava gbaɖegbe la ŋugbe ɖe wò dɔla ƒe aƒe la ŋua? Esia nye nusi nèɖo ɖe amegbetɔvi ŋua, Aƒetɔ Yehowa!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:19
12 Mawu Ofanana  

metsɔ eƒe fiasã, srɔ̃awo, eƒe fiaɖuƒe, Israel kple Yuda siaa na wò. Magate ŋu ana nu geɖewo wò wu ne esiawo mesɔ gbɔ na wò o.


Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò.


Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene.


Wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la xɔ asi loo! Ame siwo ŋuti bubu le kple ame siwo ŋuti mele o, le amegbetɔviwo dome siaa kpɔa sitsoƒe le wò aʋala ƒe vɔvɔli te.


Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea?


Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia?


Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa?


be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me.


Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa