Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:15 - Agbenya La

15 ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Gake nye amenuveve madzo le egbo, abe alesi mena wodzo le Saul, amesi meɖe ɖa le ŋkuwò me la gbɔ ene o.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:15
18 Mawu Ofanana  

Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ,


Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ”


Ke nyemaxɔ fiaɖuƒe la katã le esi o; matsɔ to ɖeka nɛ le David, nye dɔla kple Yerusalem, du si metia la ta.”


Malé nye lɔlɔ̃ nɛ me ɖe asi ɖaa, eye nye nubabla kplii mada le edzi akpɔ gbeɖe o.


ne woda le nye sedede dzi, eye wogbe nye gbeɖeɖewo dzi wɔwɔ la,


gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ le esi, alo ada le nye nuteƒewɔwɔ dzi o.


Nyemagbe nye nubabla la dzi wɔwɔ o, eye nyematrɔ nu si nye nu gblɔ la o.


O! Aƒetɔ, afi ka wò lɔlɔ̃ gã tsãtɔ le, wò lɔlɔ̃ si nye atam nèka na David le wò nuteƒewɔwɔ me la le?


“Maʋli du sia ta aɖee le nye ŋutɔ kple David, nye dɔla ta!”


Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David.


Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.


Elabena aglãdzedze le abe afakaka ƒe nu vɔ̃ ene eye ɖokuiŋudzedze sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ɖi nyenye. Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò; mèganye fia o.”


Ke Samuel ɖo eŋu be, “Viɖe aɖeke mele eme o, esi nègbe Yehowa ƒe ɖoɖowo ta la, eya hã gbe wò; màganye Israel Fia o!”


Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.


Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.


Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa