Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 7:12 - Agbenya La

12 Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne wò azã de, eye nèmlɔ fofowòwo gbɔ la, ekema maɖo viwò, si ɖo tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 7:12
36 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ nɛ be, “Ao, ame bubu aɖeke manyi wò dome o, elabena àdzi ŋutsuvi, ame si anyi wò dome.”


“Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”


Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.”


eye wogblɔ be, ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na be nye ŋkuwo kpɔ ame si anɔ nye fiazikpui dzi egbe.’ ”


Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be:


Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me.


Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.


eya ta mele ɖoɖo wɔm be matu gbedoxɔ na Yehowa, nye Mawu, abe ale si wòɖo na fofonye be nyee atui na ye ene. Yehowa gblɔ na fofonye be, ‘Viwò si matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi lae atu gbedoxɔ nam.’


Egblɔ bena, “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si tsɔ eƒe asi wɔ ŋugbe si wòdo kple eƒe nu na fofonye, David dzi egbe


Ke, menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’


“Azɔ la, Yehowa wɔ nu si ŋugbe wòdo elabena mezu Israel fia ɖe fofonye David yome eye azɔ la, metu gbedoxɔ sia na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ.


ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’


Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o.


“ ‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.


Esia koe nye nu si mehiã elabena èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David la dzi eye nètsɔm ɖo Fiae ɖe dukɔ si me viwo sɔ gbɔ abe anyigbadzike ene la dzi!


“Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa?


Ke Yehowa medi be yeatsi David ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu o elabena ebla nu kple David be, yeana eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka nanɔ fiazikpui la dzi ɣe sia ɣi kokoko.


ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene.


Egbe la, èwɔ ŋugbe si nèdo na fofonye, David ame si nye wò subɔla la, dzi. Ètsɔ wò nu do ŋugbee eye nètsɔ wò asi wɔ edzi abe ale si wòle egbe ene.


Ke menye wòe nye ame si atu gbedoxɔ la o, ke viwò, ame si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu; eyae nye ame si atu gbedoxɔ la na nye ŋkɔ.’


Maɖo eƒe ƒome anyi tegbee, eye zi ale si dziƒo li la, nenema ke eƒe fiazikpui hã anɔ anyii.


Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe.


Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔ eƒe fiaɖuƒe ŋu o. Aɖu fia le fofoa David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me, ne woafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso ɣe ma ɣi yi ɖe mavɔ me. Nu sia ava eme, elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe didi vevie awɔe ade goe.


Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘David magbe amekpɔkpɔ ne wòanɔ anyi ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe fiazikpui dzi loo,


Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ.


Yesu Kristo nye Abraham kple Fia David ƒe dzidzimevi; eƒe dzidzimegbalẽ lae nye esi:


Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ.


Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.


“Esi David wɔ eƒe agbemedɔ vɔ abe ale si Mawu dii ene la, eku, woɖii ɖe fofoawo dome, eye eƒe ŋutilã ƒaƒã ɖe tome.


Ke enye nyagblɔɖila, eye enya be Mawu do ŋugbe matrɔmatrɔ da ɖi be David ƒe dzidzimevi ɖeka ava nɔ eƒe fiazikpui dzi aɖu fia.


Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã.


eye wògblɔ na Mose be, “Ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, ame siawo ade asi mawu siwo le ŋugbedodonyigba la dzi la subɔsubɔ me. Woaŋlɔm be ale woagblẽ nubabla si mewɔ kple wo la me.


Míexɔe se bena Yesu ku, eye wògatsi tsitre, eya ta míexɔe se bena Mawu afɔ ame siwo dɔ alɔ̃ le Yesu me la kple Yesu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa