Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:21 - Agbenya La

21 David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tete Dawid gblɔ na Mixal bena: Yehowa, amesi ŋu nye nu nyo wu fofowò kple eƒe aƒe blibo la, eye wòtsɔm ɖo amegã ɖe Yehowa ƒe dukɔ Israel nu la, ŋku mee meɖu ɣe le!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:21
15 Mawu Ofanana  

Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.”


David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi.


Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime.


Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛtɔ gã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.”


David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.


“Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi.


Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime.


Ke emegbe la, Mawu ɖe Saulo ɖa le zikpui la dzi, eye wòtsɔ David si nye Yese ƒe vi la ɖo fiae ɖe eteƒe. Mawu kpɔ ŋudzedze le David ŋu, eye wòɖi ɖase le eŋu be, ‘David nye ame si dze nye dzi ŋu, elabena ewɔ nye lɔlɔ̃nu.’


Nu si ta megblɔ esia ɖo lae nye be ele be miawɔ nu sia nu na Mawu ƒe kafukafu, le miaƒe nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã me.


Ke azɔ la, wò fiaɖuƒe mali ke o. Yehowa di ame si eƒe dzi di la na eɖokui eye wòɖoe eƒe dukɔ la ƒe kplɔlae elabena mèlé Yehowa ƒe sedede me ɖe asi o.”


Samuel gblɔ na Saul be, “Èkpɔea? Yehowa vuvu Israel fiaɖuƒe la le asiwò me egbe eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si ɖɔ ʋu wu wò.


Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.”


Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa