2 Samuel 6:16 - Agbenya La16 Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191316 Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me. Onani mutuwo |
Gbe ɖeka la, Saul gblɔ na David be, “Mele klalo be matsɔ vinyenyɔnu tsitsitɔ, Merab, na wò, wòazu srɔ̃wò. Ke gbã la, ele be nàfia ɖokuiwò abe aʋawɔla nyui aɖe ene to Yehowa ƒe aʋawo wɔwɔ me.” Saul gblɔ alea elabena ebu le eɖokui me be, “Maɖoe ɖa wòawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye mana woawui; esia anyo wu be nye ŋutɔ mawui.”