Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:13 - Agbenya La

13 Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:13
9 Mawu Ofanana  

Fia Solomo kple Israelviwo katã ƒo ƒu ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu axlẽ o la sa vɔe.


Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu.


eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”


eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe.


“Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me.


Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.


Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Mewu nye nyitsu kple lã damiwo, nuɖuɖu la bi, eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla va.’


eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa