Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 6:12 - Agbenya La

12 Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eve wova gblɔna fia Dawid bena: Yehowa yra Obed-Edom ƒe aƒe kple eƒe nuwo katã le Mawu ƒe aɖaka la ta. Tete Dawid yi ɖakɔ Mawu ƒe aɖaka la tso Obed-Edom ƒe me va Dawid ƒe ɖu la me kple dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 6:12
16 Mawu Ofanana  

Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”


Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe.


Esi Israelviwo ƒe ametsitsiawo katã va ɖo la, nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la.


Wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple takpeƒe ƒe agbadɔ la kple nu kɔkɔe siwo katã le eme. Nunɔlawo kple Levitɔwoe tsɔ wo.


Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu.


Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso.


Eƒe nu si wòbla kple Abraham, kple atam si wòka na Isak la dzi.


Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye: Semaya, Yehozabad, Yoa, Sakar, Netanel,


Amiel, Isaka kple Peuletai. Mawu yrae kple viŋutsu enyi!


Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me.


Ne ame aɖe ana tsi fafɛ kplu ɖeka ame gblɔe siawo dometɔ ɖeka, be enye nye nusrɔ̃la ta la, mele egblɔm na mi le nyateƒe me be mabu fetu si wòaxɔ la o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa