Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 5:6 - Agbenya La

6 Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye fia la kple eƒe amewo ho yi Yerusalem ɖe Yebusitɔ, siwo nye anyigbadzitɔwo la ŋu; ke woawo gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ava afisia o, ŋkuagbãtɔwo kple xodrɔ̃wo koe anyẽ wò! Egɔme enye be, Dawid mate ŋu ava afisia o.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 5:6
13 Mawu Ofanana  

eye Salem fia Melkizedek, ame si nye Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ nɛ,


Mate ŋu alũ ɖe aʋakɔ dzi to wò kpekpeɖeŋu me eye le nye Mawu ta mate ŋu ati kpo aflɔ gli.


Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.


Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?” Yehowae gblɔe.


Kura gɔ̃ hã, ne miaɖu Babiloniatɔ siwo ho aʋa ɖe mia ŋu la ƒe aʋakɔwo katã dzi eye abixɔlawo koe asusɔ ɖe woƒe asaɖa me hã la, woado ava xɔ du sia atɔ dzoe.”


Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae.


eya ta Adoni Zedek, Yerusalem fia ɖo du ɖe fia siawo: Hebron fia, Hoham, Yarmut fia, Piran, Lakis fia, Yafia kple Eglon fia, Debir.


Yuda ƒe viwo mete ŋu nya Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, eya ta Yebusitɔwo gale afi ma, le Yuda ƒe viwo dome va se ɖe egbe.


Zela, Haelef, Yebus (alo Yerusalem), Gibea kple Kiriat Yearim. Wo katã le du wuiene. Wotsɔ du wuiene siawo kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã wo la na Benyamin ƒe ƒome la.


Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe.


Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa