Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 5:3 - Agbenya La

3 Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale Israel-amegãwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye fia Dawid bla nu kpli wo le Xebron le Yehowa ŋku me, eye wosi ami na Dawid, ne woaɖu fia ɖe Israel dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 5:3
16 Mawu Ofanana  

Yuda ƒe kplɔlawo va ɖo David fiae ɖe Yuda ƒe dukɔ ƒoƒuwo nu. Esi David se be Yabes Gileadtɔwo ɖi Saul la,


Azɔ la, mele biabiam tso mia si be esi Saul ku la, mianye nye ame sesẽwo, eye miawɔ nuteƒe nam. Minɔ abe Yuda ƒe viwo, ame siwo tsɔm ɖo woƒe Fia yeye ene.”


Esi Abner nɔ dzodzom la, edo ŋugbe na David be, “Ne meɖo aƒe la, mayɔ Israelviwo katã aƒo ƒu na nye aƒetɔ fia la, eye mana woatia wò woƒe fiae abe ale si nèdi xoxoxo ene.” Ale David na Abner trɔ dzo dedie.


Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’


Yehoiada wɔ nubabla le Yehowa kple fia la kple dukɔa dome be woanye Yehowa tɔ. Egawɔ nubabla le fia la kple ameawo hã dome.


Israel ha blibo la va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, “Wò ŋutilã kple ʋue míenye.


Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene.


“Ke Yehowa, Israel ƒe Mawu la tiam le fofonye ƒe ƒome blibo la me be, manye fia ɖe Israel dzi tegbee. Etia Yuda ƒe viwo eye wòtia fofonye ƒe ƒome tso wo dome. Nye nu nyo Yehowa ŋu eye wòna mezu fia ɖe Israel dukɔ blibo la nu.


Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo.


“Le esiawo katã ta la, míegale ŋugbe dom be míasubɔ Aƒetɔ la, eya ta mí kple míaƒe dumegãwo kple Levitɔwo kple nunɔlawo míele asi dem nubabla sia te.”


“Mawu yi edzi be, ‘Yɔ Israel ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu, eye nàƒo nu na wo tso ale si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia wò le afi sia gblɔ be, Mekpɔ mi ɖa. Mekpɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe mia dzi le Egipte.


Esi wodzo le Eglon la, woyi Hebron.


Ale Yefta lɔ̃ eye wòzu aʋafia kple Gilead fia. Woɖo kpe nya sia dzi le Yehowa kple ameawo katã ŋkume le Mizpa.


Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.


Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama.


Ale wo ame evea gabla nu ɖe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ dzi. David nɔ Hores ke Yonatan trɔ yi aƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa