Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 5:19 - Agbenya La

19 David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 5:19
12 Mawu Ofanana  

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”


Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ.


Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?” Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Yehowa atsɔe ade fia la ƒe asi me.”


ɖo ŋu ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi ekema awɔ wò toƒewo dzɔdzɔe.


Ke boŋ migblɔ be, “Nenye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si kple ekemɛ.”


eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.”


Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.”


eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”


David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.”


Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa