Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 5:12 - Agbenya La

12 Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Azɔ Dawid dze sii bena, Yehowae ɖo ye, ne yeaɖu fia ɖe Israel dzi, eye wòna eƒe fiaɖuƒe de dzi le eƒe dukɔ Israel ta.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 5:12
10 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti eye wotu fiasã na David.


Esi David ʋu yi Hebron la, egaɖe srɔ̃ bubuwo, egaɖo ahiãvi yeyewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo.


Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ”


Woakafu Yehowa, wò Mawu, ame si tia wò eye wòtsɔ wò da ɖe Israel ƒe fiazikpui dzi. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ mavɔ na Israel wɔe be, wòtsɔ wò na wo abe woƒe fia ene be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàɖu wò amewo dzi le mɔ dzɔdzɔe nu!”


Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.


Tete Tiro fia Hiram ɖo eŋu na Fia Solomo be, “Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu!”


Ne èzi ɖoɖoe le ɣeyiɣi sia tɔgbi me la, Mawu ato mɔ bubu aɖe dzi aɖe Yudatɔwo, ke wò kple fofowò ƒe aƒemetɔwo miatsrɔ̃. Gawu la, ame kae nya be Mawu ŋutɔe da wò ɖe teƒe sia le fiasã la me le ɣeyiɣi sia tɔgbi me?”


Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme.


Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me. Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag. Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa