Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 4:4 - Agbenya La

4 Fia Saul ƒe tɔgbuiyɔvi aɖe si nye ŋutsuvi tekunɔ aɖe la li; fofoae nye Yonatan eye eŋkɔe nye Mefiboset. Exɔ ƒe atɔ̃ esime wowu Saul kple Yonatan le aʋa me le Yezreel. Esi wose aʋa la me nyawo la, nyɔnu si nɔ ɖevi la dzi kpɔm la si kple ɖevi la yina. Ke ɖevi la ge dze anyi eye to esia me la ɖevia zu tekunɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ŋutsuvia ɖe le Saul vi Yonatan si, amesi ƒe ata tu. Exɔ ƒe atɔ̃, esime du tso Yezreel va le Saul kple Yonatan ŋuti; tete enyila tsɔe kpa hesii, eye esi wòle kplakplakpla dzi le sisim la, ege, eye wòtu; eŋkɔ nye Mefiboset.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 4:4
10 Mawu Ofanana  

Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta.


Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu.


Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?” Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.”


Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu. David yɔe be, “Mefiboset!” Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”


Hadad nye ɖevi sue aɖe ɣe ma ɣi. Fiaŋumewo kple Hadad si to Midian, yi Paran, afi si Edomtɔwo va kpe wo le eye woyi Egipte.


Yonatan dzi Mefiboset ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika.


Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be Meribaal eye eya hã dzi Mika.


Azɔ la, Filistitɔwo ƒe aʋakɔ kpe ta ɖe Afek eye Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe vudoawo gbɔ le Yezreel.


Ale David kple eƒe amewo fɔ ŋdi kanya be yewoatrɔ ayi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Filistitɔwo hã dzo yi Yezreel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa