Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 4:11 - Agbenya La

11 Ekema nu ka ta nyemabia hlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo wu ame nyui la le eya ŋutɔ ƒe aƒe me le eƒe aba dzi o mahã? Ele be mabia eƒe ʋu tso miaƒe asi me eye matsrɔ̃ mi ɖa le anyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Azɔ esi ame vlowo wu ame dzɔdzɔe ɖe eƒe aba dzi le eƒe xɔ me la, ɖe nyemabia eƒe nu tso mia si, eye matsrɔ̃ mi ɖa tso anyigba dzi oa?

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 4:11
19 Mawu Ofanana  

Ke fifia fiƒode le dziwò, eye menya wò ɖa tso anyigba si nèdo gui kple nɔviwò ƒe ʋu la dzi.


Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa.


Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.


Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”


Esi Abner va ɖo Hebron la, Yoab ɖe kpɔe le dua ƒe agbonu abe nya ɣaɣla aɖee wòbe yeagblɔ nɛ ene, ke eɖe adekpui eye wòwui abe hlɔ̃biabiae ɖe nɔvia Asahel, ame si Abner wu la ta ene.


eye togbɔ be menye Mawu ƒe amesiamina hã la, nyemate ŋu awɔ naneke kple Zeruya ƒe vi eve siawo o. Yehowa naɖo vɔ̃ɖivɔ̃ɖi teƒe na ame vɔ̃ɖiwo.”


Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.


Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa, ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi,


Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.


“Ne ame aɖe ƒo ame aɖe sesĩe ale gbegbe be wòku la, ekema ele be woawui.


Anye ne le ɣeyiɣi sia me la, medo nye asi ɖa, gblẽ nu le wò kple wò amewo ŋu kple dɔvɔ̃ aɖe si ate ŋu atsrɔ̃ mi katã ɖa le anyigba la dzi hafi.


gake woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi eye woaho nuteƒemawɔlawo ɖa le edzi.


Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la le abe tsitsetse si me blu alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene.


“Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’ ”


O Yehowa, mèli tso mavɔ me ke oa? Nye Mawu, nye Kɔkɔetɔ la maku o. O Yehowa, wòe tia wo be woadrɔ̃ ʋɔnu mí. O Agakpe, wòe ɖo wo be woahe to na mí.


Ŋusẽ megale se la si o eye afiaŋkunɔtsotso bɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo elabena ame vɔ̃ɖiwo ɖe to ɖe ame dzɔdzɔewo. Eya ta wotsyɔ nu nya dzɔdzɔe dzi.


Miganɔ abe Kain ene o. Le esi wònye Abosam ƒe ame ta la, ewu nɔvia. Nu ka ta wòwu nɔvia? Elabena, eƒe wɔnawo vɔ̃ɖi, ke nɔvia ƒe wɔnawo le dzɔdzɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa