Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 3:35 - Agbenya La

35 Ale wo katã wova eye woƒoe ɖe David nu be wòaɖu nane esi zã medo haɖe o. Ke David ka atam be, “Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi ne made abolo alo nu bubu aɖe nu me hafi ɣe naɖo to!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Esi ɣe gale dzi ko, eye ameha blibo la va nuɖuɖu na ge fiaa la, Dawid ka atam bena: Mawu nefiam ne wòagafiam ɖe dzi, ne made nu nuɖuɖu alo nu bubua ɖe ŋu, hafi ɣe naɖo to fi!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 3:35
13 Mawu Ofanana  

Wofa konyi, fa avi eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ ɖe Saul kple via Yonatan kple Yehowa ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aƒe la ta elabena wotsi yi nu.


Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o.


Womebla wò asiwo hafi o. Womede ga wò afɔwo hafi o. Èku abe ale si wokuna le ŋutasẽlawo ƒe asi me ene.” Eye ameawo katã gafa avi nɛ.


Ameawo katã de dzesi nya sia eye wokpɔ ŋudzedze le eŋu; le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze wo ŋu.


Mawu nafia fu Abner vevie ne nyemewɔ nu si Yehowa do ŋugbe, eye wòka atam ɖe edzi be mawɔ na David o,


woƒe aʋawɔlawo katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ.


Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o.


Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”


Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.


Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.” Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã.


Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.


Afi si nàku ɖo la, afi mae maku ɖo, eye afi mae woaɖim ɖo. Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi. Naneke mama nye kple wò dome o, negbe ku ko.”


Eli biae be, “Nya kae Yehowa gblɔ na wò? Gblɔ nya sia nya nam; Mawu nehe to na wò vevie ne ètsɔ nya aɖe ɣlam!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa