Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:7 - Agbenya La

7 Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wova Tiro ƒe mɔ̃ sesẽ la gbɔ heto Xiwitɔwo kple Kanaanitɔwo ƒe duwo katã me, eye wova to Yuda ƒe dziehe heva Beer-Seba.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:7
10 Mawu Ofanana  

Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”


Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe.


Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene, eye nenema ke sika bɔ abe ke si le mɔdodo dzi ene.


Eɖo du ɖe Kanaan fia siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa eveawo dzi, Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigba la dzi kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Hermon to la dzi le Mizpanyigba dzi.


Ebron, Rehob, Hamon, Kana kple Sidon gãtɔ.


Liƒo la ɖo ta Rama kple Tiro, du si woɖo gli ƒo xlã la gbɔ, eye wòyi ɖatɔ Domeƒu la le Hosa. Du bubu siwo le anyigba la dzi la woe nye Mahala, Akzib,


Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo.


Israelviwo gblɔ na Hivitɔ siawo be, “Aleke míawɔ hafi anya be menye teƒe kpui aɖee mietso o? Ne mietso kpuiƒe la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kpli mi o.”


Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa