Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:25 - Agbenya La

25 David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:25
16 Mawu Ofanana  

Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ be, “Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo.” Abram ɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma hena ŋkuɖoɖo ale si Yehowa ɖe eɖokui fiae le afi ma la dzi.


Esi woɖo teƒe si Mawu fia Abraham be wòayi la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nakeawo ɖe edzi nyuie. Ebla Isak, eye wòkɔe mlɔ nakeawo dzi.


Esia megbe la, Noa ɖi vɔsamlekpui, eye wòsa vɔ le edzi na Yehowa kple lã kple xevi siwo dzi Yehowa da asi ɖo hena vɔsasa la dometɔ aɖewo.


Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu.


David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”


Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko.


Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’


Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?”


Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi.


Ale Gideon ɖi vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi ma eye wòna ŋkɔe be, “Yehowae nye Ŋutifafa” Vɔsamlekpui sia gale afi ma, le Ofra, le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.


Ale wògblɔ be, “Mitsɔ numevɔsa kple akpedavɔsa vɛ nam.” Ale Saul sa numevɔ la.


Saul ɖi eƒe vɔsamlekpui gbãtɔ na Yehowa.


Egatrɔna vaa Rama elabena afi mae nye eƒe nɔƒe eye wògadrɔ̃a ʋɔnu le afi sia hã. Eɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe Rama.


Ale Samuel tsɔ alẽvi aɖe sa numevɔ na Yehowa eye wòɖe kuku nɛ be wòave Israel nu. Edo ɣli na Yehowa ɖe Israel nu eye Yehowa se eƒe gbedodoɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa