Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:24 - Agbenya La

24 Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.” Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke fia la gblɔ na Arawna bena: Kpao, ke boŋ maƒlee le asiwò kple ga, eye nyemasa numevɔ na Yehowa, nye Mawu la, dzodzro o. Ale Dawid ƒle lugbɔƒe kple nyiawo klosalo sekel blaatɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:24
8 Mawu Ofanana  

“Amegã, meɖe kuku, ɖo tom. Matsɔ kpeto la kple anyigba la ana wò, eye nyemaxɔ naneke ɖe wo ta o. Metsɔ wo na wò faa le nye ame siwo le afi sia la ƒe ŋkume. Yi nàɖi wò ame kuku la ɖe edzi.”


eye wòɖo nya la ŋu na Efrɔn esime ame sia ame nɔ to dzi be, “Ao, na maƒlee ko. Na maxe ga home si anyigba la xɔ la, ekema maɖi nye ame kukuwo ɖe edzi.”


Abraham lɔ̃ ɖe klosalo kilogram atɔ̃ si Efrɔn bia le Hititɔwo dome la dzi, eye wòxee nɛ.


Eva eme be Satana tsi tsitre ɖe Israel ŋu eye wòdee David me be wòaxlẽ Israel blibo la.


Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.”


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Miwɔ nyui, ale be ame sia ame nate ŋu akpɔe be mienye nyateƒetɔwo le goawo katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa