Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:21 - Agbenya La

21 Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?” David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Arawna gblɔ bena: Nukata nye aƒetɔ fia va eƒe dɔla gbɔ ɖo? Dawid ɖo eŋu bena: Ɖe mebe, maƒle lugbɔƒe la, ne maɖi vɔsamlekpui na Yehowa, ne dɔvɔ̃ la nu natso le dukɔa dome.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:21
11 Mawu Ofanana  

Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta.


Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.”


Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume.


Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”


David gblɔ na Arauna be, “Tsɔ wò lugbɔƒe la nam ale be maɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe edzi be dɔvɔ̃ si le dukɔa dzi la nu natso. Dzrae nam ɖe asi si wòaxɔ tututu la nu.”


Gake Finehas tsi tsitre hetso nya me, tete dɔvɔ̃ la nu tso.


ƒu du ti Israel ŋutsu la yome yi eƒe agbadɔ me, afi si wòkplɔ ɖetugbi la yii. Etɔ akplɔ ŋutsu la wòto eƒe dɔ me do heŋɔ dɔme na ɖetugbi la hã. Ale dɔvɔ̃ la nu tso


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa