Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:2 - Agbenya La

2 Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete fia la gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab bena: Yi ɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan vaseɖe Beer-Seba eye naxlẽ dukɔ la, ne manya dukɔ la ƒe xexlẽme!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:2
16 Mawu Ofanana  

Ale Abraham fɔ ŋdi kanya, tsɔ nuɖuɖu kple tsi na Hagar, eye wòdo mɔ eya kple wo vi Ismael. Hagar zɔ mɔ kple via yi gbedzi le Beerseba. Menya afi si tututu wòyina o.


“Nu si mebue nye be nàƒo Israel dukɔ blibo la ƒe aʋakɔ la nu ƒu tso keke Dan va se ɖe Beerseba ale be aʋakɔ gã aɖe nanɔ asiwò. Mebu hã be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋakɔ la.


eye Aʋafia Yoab, Zeruya ƒe vi, hã kplɔ David ƒe aʋakɔ be woado go wo. Wodo go le Gibeon ta la to eye wonɔ ta la ƒe akpa eveawo dzi, dze ŋgɔ wo nɔewo.


Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la. Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.


Zelek tso Amon; Naharai tso Beerot; Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla;


Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba.


ne nyemexɔ fiaɖuƒe la tso Saul ƒe aƒe me eye ne nyemeɖo David ƒe fiazikpui la gɔme anyi ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beerseba o.”


Yoab, Zeruya ƒe vi nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye fia ƒe tsiami.


David gblɔ na Yoab kple kplɔla bubuawo be, “Miɖaxlẽ Israelviwo tso Beerseba va se ɖe Dan eye miana manya woƒe xexlẽme.”


Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye.


Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe, ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Aɖi ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe amegbetɔ dzi, hetsɔ ŋutilã wɔ eƒe ŋusẽkpɔtsoƒee eye eƒe dzi te ɖa xaa tso Yehowa gbɔ la ŋuti kpekpekpe!


Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna.


Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa