Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 24:15 - Agbenya La

15 Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre (70,000) ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Yehowa na dɔvɔ̃ ɖo Israel dome tso ŋdi vaseɖe ɣeyiɣi, si woɖo la dzi; eye ame akpe blaadre ku le dukɔ la dome tso Dan vaseɖe Beer-Seba.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 24:15
11 Mawu Ofanana  

Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”


Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi eye wòwu ame akpe blaadre (70,000).


Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o.


Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt.


Emegbe la, Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ ko wokpɔ.


Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti. O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo! Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me. Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me. Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi.


esime wòwu ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) xoxo.


Le ɣeyiɣi mawo me la, dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu. Dɔ ato le teƒe geɖewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo.


Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi la.


Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa