Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:8 - Agbenya La

8 Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo: Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Dawid ƒe kalẽtɔwo ŋkɔwo nye esi: Isbaal, Xaxmoni vi, amesi nye fia ŋu asrafowo ƒe amegã, eya da eƒe akplɔ zi ɖeka to ame tsiaʋa alafa enyi dzi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:8
8 Mawu Ofanana  

Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa.


Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo.


David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava eme ene la le ame etɔ̃.


Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.


Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me.


Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã. Yehiel, Hakmoni ƒe vi fia nu fia la ƒe viwo.


Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa