Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:34 - Agbenya La

34 Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka; Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Elifelet, Maaxati vi Ahasbai ƒe vi, Edom, Gilonitɔ, Axitofel ƒe vi,

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:34
10 Mawu Ofanana  

Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, wobia aʋawɔla akpe blaeve Aramtɔwo tso Bet Rehobnyigba kple Zobahnyigba dzi kpe ɖe ame akpe ɖeka tso Maaka fia gbɔ kple ame akpe wuieve (12,000) tso Tobnyigba dzi.


Amonitɔwo va nɔ woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ le esime Aramtɔwo tso Zoba kple Rehob kple ame siwo tso Tob kple Maaka nɔ wo ɖokui si le gbedzi.


ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃.


Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ.


Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!”


Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.


Le ɣeyiɣi sia me la, Seba zɔ to Israelnyigba dzi be yeaƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu tso eya ŋutɔ ƒe hlɔ̃, Bikri hlɔ̃ la me le Abel Bet Maka dua me.


Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene.


David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?” Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa