Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:20 - Agbenya La

20 Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Benaya, Yehoyada vi, enye ŋutsu kalẽtɔa ɖe, si wɔ nu tsuwo la ƒe vi tso Kabzeel. Eya wu Moabitɔwo ƒe kalẽtɔ eveawo, eye wowu dzata le vudo la me le gbesigbe sno dza.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:20
19 Mawu Ofanana  

Saul kple Yonatan, le agbe me la, wolɔ̃ wo eye wovea ame nu. Le ku me hã wo me mema o. Woɖi du wu hɔ̃wo, eye wosẽ wu dzatawo.


Yoab nye aʋafia gãtɔ Israelʋakɔ la. Benaya nɔ fia la ŋu dzɔlawo, Keretitɔwo kple Peletitɔwo nu.


Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.


Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.


Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene.


Benaya, Yehoiada ƒe vi nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fiaŋudzɔlawo la nu eye David ƒe viŋutsuwo nye nunɔlawo.


Ke mekpe nye, wò dɔla Zadok, nunɔla la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi kple wò dɔla Solomo ya o.


Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ.


Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo.


Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui. Ale Solomo ƒe fianyenye li ke ɖe Israel dukɔ la me.


Aʋawɔla kalẽtɔ aɖewo siwo tso Gad ƒe viwo dome hã yi David gbɔ le gbedzi. Wowɔa akpoxɔnu kple akplɔ siaa ŋu dɔ nyuie. Woƒe mo le abe dzata tɔ ene eye woɖea abla abe zi ene le towo dzi.


Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo.


Ŋɔdzi alé Edom fiawo, eye Moab ƒe kplɔlawo anɔ dzodzom nyanyanya, Kanaantɔwo hã ƒe dzi alolõ.


Woƒe du siwo nɔ Edom le Negeb ƒe liƒowo dzi woe nye: Kabzeel, Eder, Yagur,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa