Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 23:1 - Agbenya La

1 David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo: “David, Yese ƒe vi le nu ƒom, David, ame si Yehowa, do ɖe dzi, David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina, David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe nya mamleawo nye esi; Dawid, Isai vi ƒe gbe, ŋutsu, si wodo ɖe dzi, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina la, kple kafukafuhawo ƒe heno le Israel ƒe gbe:

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 23:1
25 Mawu Ofanana  

Yakob yɔ via ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miƒo ƒu ɖe ŋunye, eye magblɔ nu siwo ava adzɔ ɖe mia dzi le ɣeyiɣi si gbɔna me la na mi.


Ewɔ nye afɔwo abe zi tɔwo ene eye wòna metea ŋu tsia tsitre ɖe teƒe kɔkɔwo.


“Ena dziɖuɖu geɖe eƒe fia la, eye wòvea eƒe amesiamina David kple eƒe dzidzimeviwo nu tegbee.”


Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.


Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ, Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Esiawo wu Yese ƒe vi, David ƒe gbedodoɖawo nu.


Meke ɖe David, nye dɔla ŋu, eye mesi ami nɛ kple nye ami kɔkɔe.


Nye asi alée ɖe asi, le nyateƒe me, nye alɔ ado ŋusẽe.


Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene.


Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime,


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:


Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.


Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo.


Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe.


Esi wonɔ ɣea ɖum la wodzi ha be, “Saul wu eƒe akpewo ke David wu eƒe akpe ewowo.”


ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa