Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:9 - Agbenya La

9 Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo tso eƒe nu me fiã nu, eye aka lé dzo tso egbɔ.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:9
17 Mawu Ofanana  

dzoka xɔxɔwo do tso eƒe keklẽ me le eŋgɔ.


Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglãa eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.


Ne Mawu gbɔ ɖe wo dzi la woyrɔna eye ne eƒe dziku fla la wotsrɔ̃na.


Atsiaƒu ƒe balimewo dze gaglã, eye anyigba ƒe gɔmeɖoɖo tsi ƒuƒlu. Le Yehowa ƒe nyaheɖeameŋu kple gbɔgbɔ si do tso eƒe ŋɔtime ta.


Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔtime; dzo ƒe aɖewo do tso eƒe nu me eye dzoka xɔxɔwo kplɔe ɖo.


Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.


Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna ɖa, eƒe dziku le bibim, eye lilikpo dodo ƒo xlãe. Elé ŋɔdzi ɖe nu, eye eƒe aɖe nye dzobinu.


Wodzra afi si woatɔ dzo Tofet le la da ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la hã. Wowɔ eƒe dzoʋe la wògoglo hekeke. Dzo kple nake bɔ ɖe eme. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ si le sisim abe aŋɔtɔʋu ene lae atɔ dzoe.


Mana nànye kluvi na wò futɔwo le anyigba si mènya o la dzi elabena nye dziku azu dzo abi ɖe ŋutiwò.”


Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.”


Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ eye dɔxɔleameŋu le eyome.


Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo.


elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa