Wotsɔ Is Boset ƒe ta na Fia David hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, esiae nye Saul, wò futɔ, ame si di vevie be yeawu wò la ƒe vi Is Boset ƒe ta. Egbe la Yehowa bia hlɔ̃ Saul kple eƒe ƒome blibo la na wò!”
Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.