41 Èna nye futɔwo trɔ megbe dem helé du tsɔ eye metsrɔ̃ nye futɔwo.
41 Ena nye futɔwo trɔ ʋume dem, eye metsrɔ̃ nye futɔwo gbidigbidi.
“Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò.
“Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nalé dukɔ siwo katã ƒe anyigba ŋu miaho aʋa ɖo, woasi le mia ŋgɔ.
“Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’
Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”
Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã eye wòɖe gbe na eƒe aʋakplɔlawo, ame siwo de aʋa kplii be, “Mite va eye miaɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Tete wote va eye woɖo afɔ ve dzi na fia atɔ̃awo.