Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:40 - Agbenya La

40 elabena wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Etsɔ ŋusẽ bla ali dzi nam ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye nèbɔbɔ nye futɔwo ɖe tenye.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:40
11 Mawu Ofanana  

eya ta netae abe avɔ ene, eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe.


Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu, nye Mawu si me mebe ɖo, ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.


Mawue nye nye mɔ sesẽ, Eyae na nye mɔ zu gbadzaa.


Wòe na ŋusẽm hena aʋa la wɔwɔ, Èna mebɔbɔ ame siwo katã tso ɖe ŋunye la ɖe anyi.


To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe, eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.


Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã.


Ame siwo te wò ɖe to la, ƒe ŋutsuviwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò. Ame siwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woayɔ wò be Yehowa ƒe Du, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion.


Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi.


Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,


Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa