Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:28 - Agbenya La

28 Èɖea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ke wò ŋku le dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Exɔna na dukɔ, si wolena ɖe anyi, eye wò ŋku nɔa dadalawo ŋu, be nabɔbɔ wo ɖe anyi.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:28
23 Mawu Ofanana  

Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


O! Yehowa, dada mele nye dzi me o, eye ŋku gã hã mele tanye o. Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo, alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o,


Togbɔ be Yehowa le dzi me ke hã la, ekpɔa ame dahewo gbɔ, ke edzea si dadala tso adzɔge.


Menya be Yehowa tsoa afia na ame dahewo, eye wòxɔa nya ɖe hiãtɔwo nu.


Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


Ŋku gã kple dzi si me dada le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi, evɔ wòhenye nu vɔ̃.


Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi kple dada ɖe anyi. Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe,


Ame ka nèdzu hegblɔ busunyawo ɖe eŋuti? Ame ka ta nèle ɣli dom ɖo, eye ame ka nètre ŋku kpɔe dadatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋutie!


Ale woaɖiɖi ame ɖe anyi, woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi, eye woate dadalawo ƒe ŋku ɖe to.


Eya hã xaxa le woƒe xaxawo katã me, eye mawudɔla si dzi wòwɔa dɔ tonae la ɖe wo. Eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ta. Efɔ wo ɖe dzi, eye wòtsɔ wo le blemaŋkekeawo katã me,


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


“Dzi nedzɔ mi, mi ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabena wotsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi.


Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa