Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”
“Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o.