Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 22:2 - Agbenya La

2 Egblɔ be: “Yehowae nye nye agakpe, nye mɔ kple nye xɔnametɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wògblɔ be: Yehowa enye nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye ɖela.

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 22:2
15 Mawu Ofanana  

Elabena ame kae ganye Mawu kpe ɖe Yehowa ŋu? Ame kae ganye Agakpe? Ɖe menye míaƒe Mawu la koe oa?


Mawue nye nye mɔ sesẽ, eyae na nye mɔ zu gbadzaa.


Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,


Enye nye Mawu lɔlɔ̃tɔ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe kple nye xɔnametɔ kpakple nye akpoxɔnu, nye Mawu si me mebe ɖo, ame si bɔbɔ nye dukɔ ɖe tenye.


Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.


Megblɔ na Mawu, nye Agakpe la be, “Nu ka ta nèŋlɔm be ɖo? Nu ka ta manɔ yiyim, anɔ nu xam le nye futɔwo ƒe teteɖeanyi ta ɖo?”


Nye sitsoƒe ƒe agakpe, afi si mate ŋu abe ɖo ɣe sia ɣi. Ɖe gbe be woaxɔ nam, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.


Magblɔ na Yehowa be, “Eyae nye nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ, nye Mawu si ŋu meku ɖo.”


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


Nye hã mele egblɔm na wò be, wòe nye Petro si gɔmee nye kpe, eye nenem kpe gbadza sia dzi maɖo nye hame la anyi ɖo, eye tsiẽƒe ƒe ŋusẽwo gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o.


Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o.


“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.


Saul kple eƒe amewo dze wo yome eye esi wogblɔ esia na David la, eɖi abu yi agakpe la gbɔ eye wònɔ Maon gbegbe. Esi Saul se esia la, eti eyome yi Maon gbegbe la.


Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa