14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo; eye Dziƒoʋĩtɔ la na wose eƒe gbe.
14 Yehowa ɖe gbe tso dziƒo, eye dziƒoʋitɔ la na eƒe gbe ɖi.
Ɖe wò abɔ le abe Mawu tɔ ene eye wò gbe ate ŋu ablu abe etɔ enea?
Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.”
Yehowa ana be amewo nase eƒe gãnyenye ƒe gbe, eye wòana woakpɔ eƒe alɔ wòaɖiɖi ɖe anyi kple dɔmedzoe helĩhelĩ, dzo si biaa nu, ahomya, tsidzadza sesẽ kple tsikpe.
Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene.
Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.
Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo wɔ aʋa kple Sisera.
ame siwo tso ɖe Yehowa ŋu la, woakaka wo. Dziƒoʋĩtɔ la aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu Anyigba ƒe mlɔenu ke hã. “Ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòakɔ eƒe amesiamina la ƒe dzo ɖe dzi.”
Esi Samuel nɔ numevɔ sam ko la, Filistitɔwo ƒo ɖe Israelviwo dzi bibibi hena aʋawɔwɔ. Ke Yehowa ɖe gbe kple dziɖegbe ƒe gbe ɖe Filistitɔwo dzi, ŋɔdzi lé wo eye wotɔtɔ. Israelviwo dze wo dzi, fiti wo.