Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:6 - Agbenya La

6 na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:6
22 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.”


ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene.


Le ɣeyiɣi ma me la, esi Absalom do ŋukpe Ahitofel le dukɔ la ŋkume eye mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo o ta la, Ahitofel de eƒe tedzi dzi eye wòyi wo de. Esi wòdzra eƒe aƒe ɖo vɔ la, ede ka ve na eɖokui. Ale Ahitofel ku eye woɖii ɖe fofoa xa.


David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.”


Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?”


Ame siawo Nunɔlae nye Ahiezer kple Yoas, Semaa tso Gibea ƒe viŋutsuwo. Bubuwoe nye: Yeziel kple Pelet, Azmavet ƒe viwo, Beraka Yehu tso Anatɔt,


Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo.


ame siwo nye Hamedata ƒe viwo, Haman, Yudatɔwo ƒe futɔ la ƒe viŋutsu ewoawo, gake womeha woƒe afunyinu aɖeke o.


Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui.


“Ke nu kae va dzɔ? Israelviwo ɖe kuku na Mawu be wòana fia yewo abe ale si wòle dukɔ bubuwo sii la ene, eya ta Mawu na Saulo si nye Kish ƒe vi la va ɖu fia ɖe wo dzi. Saulo tso Benyamin ƒomea me, eye wòɖu fia ƒe blaene.


“Ne ame aɖe wɔ nu si dze na ku, eye wode ka ve nɛ la,


Tete Yosua tsɔ eƒe yi wu fia atɔ̃awo, eye wòde ka wo ɖe ati atɔ̃ ŋu va se ɖe fiẽ.


Yosua de ka ve na Ai fia ɖe ati aɖe ŋu, ke esi ɣe nɔ to ɖom la, eɖee tsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo ŋgɔ. Wofɔ kpe gãwo li kɔ ɖe edzi. Kpeawo gali va se ɖe egbe.


Tete Samuel tsɔ amigoe eye wòkɔ amia ɖe Saul ƒe tame, hegbugbɔ nu nɛ eye wògblɔ be, “Ɖe Yehowa mesi ami na wò be nàɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Azɔ Samuel gblɔ na ameawo katã be, “Miele ame si Yehowa tia na mí la kpɔma? Ame aɖeke mesɔ kplii le Israel blibo la o!” Eye ameha la do ɣli be, “Fia la nenɔ agbe tegbee!”


Esi Saul trɔ va eƒe aƒe me le Gibea la, kalẽtɔ siwo ƒe dzi Mawu ʋã la yi kplii.


Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me.


Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!”


Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa