Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:2 - Agbenya La

2 Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye fia la ya Gibeontɔwo ƒo nu kpli wo. Gibeontɔwo metso Israel-viwo dome o, ke boŋ wonye Amoritɔwo ƒe kpɔtɔe, siwo Israel-viwo ka atam na; eye Saul di be, yeawu wo, elabena eʋã ŋu ɖe Israel-viwo kple Yuda nu

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:2
13 Mawu Ofanana  

Le dzidzime ene megbe la, wò dzidzimeviwo agbɔ ava anyigba sia dzi, elabena ɣe ma ɣi koe Amoritɔwo, ame siwo le anyigba sia dzi fifia la ƒe nu vɔ̃wo asɔ gbɔ na tohehe.”


Yehowa gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòna be David tso ɖe wo ŋu gblɔ na wo be, “Miyi miaxlẽ ame siwo le Israel kple Yuda.”


Yehu gblɔ nɛ be, “Azɔ, va míyi eye nàkpɔ ale si mele dɔ wɔm kple dzoe na Yehowa ɖa.” Ale Yehonadab nɔ tasiaɖam la me kplii eye wodzo.


Ke Yehu medze Yehowa, Israel ƒe Mawu la yome kple eƒe dzi blibo o, elabena meɖe asi le Yeroboam ƒe nu vɔ̃ siwo he Israel de nu vɔ̃ me la ŋuti o.


Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo,


Woaɖe mi le woƒe hame, eye le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe gbɔna la, ne ame aɖe wu mi hã la, asusu be Mawu ƒe dɔ wɔm yele.


Elabena mate ŋu aɖi ɖase tso wo ŋu be wotsɔa dzo ɖe Mawu ŋuti, gake womewɔa esia kple sidzedze o.


Aʋatsonufiala mawo le didim vevie be yewoadze mia ŋu, ke menye ɖe miaƒe nyonyo ta o. Nu si wole didim be yewoawɔ lae nye be yewoɖe mi ɖe aga tso gbɔnye, ale be miaɖo to yewo wu.


Ele be nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa, wò Mawu la tsɔ de asi na wò. Mègakpɔ nublanui na wo o, eye mègasubɔ woƒe mawuwo o. Ne ègbe toɖoɖo, eye nèwɔ nu siawo la, dzɔgbevɔ̃e ava dziwò.


Saul gblɔ be, “Ɛ̃, Yonatan, ele be nàku, Mawu neƒom ƒu anyi maku ne womewu wò ɖe nu sia ta o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa