Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




2 Samuel 21:17 - Agbenya La

17 Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke Zeruya vi Abisai xɔ nɛ, eye wòwu Filistitɔ la. Ɣemaɣi Dawid ƒe ŋutsuwo ka atam nɛ bena: Magade aʋa kpli mi azɔ o, ne nagatsi Israel ƒe akaɖi la o!

Onani mutuwo Koperani




2 Samuel 21:17
14 Mawu Ofanana  

Azɔ la, ƒometɔ mamlɛawo le biabiam be maɖe asi le esi wu nɔvia la ŋu ne woawu eya hã le ale si wòwu nɔvia la ta. Ne mewɔ woƒe gbe dzi la, viŋutsu aɖeke maganɔ asinye o, ekema srɔ̃nye ƒe ŋkɔ abu le anyigba dzi.”


Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ


hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.”


Woƒo ɖe dzinye le nye dzɔgbevɔ̃egbe gake Yehowa nye nye kpeɖeŋutɔ.


Wò, Yehowa, wòe nye nye akaɖi! Ènana nye viviti trɔna zua kekeli.


Solomo ƒe vi axɔ eve mamlɛawo ale be, David ƒe dzidzimeviwo ayi fiaɖuɖu dzi le Yerusalem, du si metia be wòanye teƒe si ŋu nye ŋkɔ anɔ la ta.


Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o


“Le afi sia, mana dzo nado na David, eye masi akaɖi aɖo anyi na nye amesiamina la.


wò ame si na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wo dɔla David tso yi vɔ̃ɖi ƒe asi me.


Mawue nye míaƒe sitsoƒe kple ŋusẽ, xɔnametɔ si li ɖaa kpli mí le xaxawo me.


Tete Karea ƒe vi, Yohanan ɖe kpɔ Gedalia le Mizpa hegblɔ nɛ be, “Na mayi aɖawu Netania ƒe vi, Ismael eye ame aɖeke manya o. Nu ka ta wòaɖe wò agbe ɖa, ahawɔe be Yudatɔ siwo katã ƒo ta kpli ɖe ŋuwò la nakaka eye Yuda ƒe ame mamlɛawo natsrɔ̃?”


Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa